Luke 8:11-15

Lododo tso nukuwula la ŋu ƒe gɔmeɖeɖe

(Mateo 13:18-23; Marko 4:13-20)

11Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye si, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ vɛ na amegbetɔwo. 12Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya gake abosam vana eye wòɖea nya la le woƒe dzime ale be wometea ŋu xɔ edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o. 13Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo nu mawunya sese vivina gake womexɔnɛ ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Wonya be nya la nye nyateƒe eye woxɔa edzi se hã ɖe kple ɖee hena ɣeyiɣi aɖe. Ke ne yometiti ƒe ya xɔdzo la ƒo ɖe wo ko la, woɖenɛ le dzime. 14Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔa nya la dzi le woƒe dziwo me ale be wometea ŋu kpena ɖe ame ɖeka pɛ teti hã ŋu be wòaxɔ nyanyui la dzi se o.”

15“Ke anyigba nyuie lae nye ame siwo ƒe dziwo me kɔ. Ame siawo sea Mawu ƒe nya la hewɔa edzi hã pɛpɛpɛ. Wokakana nya la na ame bubuwo hã eye woawo hã xɔnɛ sena.”

Copyright information for EweBEE